Philippians 4:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke mele kuku ɖem na wò, nye hadɔwɔla nyateƒetɔ, be nàkpe ɖe nyɔnu siawo ŋu. Woawo kple Klemens kpakple hadɔwɔla bubuawoe ku kutri, kpe ɖe ŋunye vevie le Nyanyui la kaka me. Woŋlɔ ame siawo ƒe ŋkɔ ɖe agbenɔlawo ƒe agbalẽ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miakpe ɖe nyɔnu siawo ŋuti elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka me na ame bubuwo; eye wowɔ dɔ kple Klemens kpakple nye dɔwɔla bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la hã.