Philippians 4:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mlɔeba la, nɔvinyewo, mina nu nyuitɔ kple esiwo dze na kafukafu la ɖeɖe ko naxɔ aƒe ɖe miaƒe susu me. Esiawoe nye: nu sia nu si nye nyateƒe, nu sia nu si dze na bubu, nu sia nu si le dzɔdzɔe, nu sia nu si dza, nu sia nu si nyakpɔna kple nu sia nu si dzèa ame.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, ne nu nyui aɖe li alo nane li si wole be woakafu la mibu nu sia tɔgbewo ŋu.