Proverbs 12:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya si ame ke nu gblɔ la hea nyui geɖe fũu vana nɛ, eye dɔ si ame tsɔ asi wɔe la ɖea vi na eya ŋutɔ.