Proverbs 29:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne bometsila kple nunyala woɖo nya me la, eɖoa dɔmedzoe nɔa nu kom, eye mekpɔa gbɔdzɔe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nya ɖo nunyala kple bometsila dome la, bometsila la ɖeko wòdoa dɔmedzoe, nɔa nu kom, eye mezia ɖoɖoe o.