Proverbs 30:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena, ne woƒo notsi le eye ami dona, ne wofiã ŋɔti sesie la, eye ʋu dona, eye ne wofiã dɔmedzoe sesie la, eye dzre dzɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ne woƒo notsi la, amie dona, eye ne wofiã ŋɔti sesĩe la, ʋue dona. Ne wodo dɔmedzoe helihelĩ la, dzree dzɔna.