Psalms 118:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ye nye Mawu, eye eyae na kekeli mí. Mibla ŋkekenyui ƒe vɔsalãwo kple ka ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzowo ŋu!