Psalms 143:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena futɔ la ti yonyeme, exlã nye agbe ɖe anyi, eye wòdem viviti me abe amesiwo ku xoxoxo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe futɔ la ti yonyeme; exlã nye agbe ɖe anyi. Ena mebɔbɔ nɔ viviti me abe ame siwo ku xoxoxo la ene.