Psalms 144:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne míaƒe nyiwo natsɔ agba, ne gli gbagbã kple aboyoɖeɖe meganɔ anyi o, ne nuxaxa magaɖi le míaƒe ablɔwo me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na míaƒe nyihawo nadzi fũu. Fu megage le wo ŋu loo, alo woatsi vimadzimadzi o. Mègana nuxaɣli aɖeke naɖi le míaƒe ablɔwo me o.