Psalms 15:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ame si gbɔ ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o; ke wòdea bubu ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ ŋu; ame si kaa atam si gblẽa nu le eŋu gake megatrɔnɛ o;