Psalms 15:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ame si meɖea asi le eƒe ga ŋu ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o lae. Ame si wɔa nu siawo la, womaʋãe akpɔ gbeɖe o.