Psalms 24:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzime kɔ; ame si ƒe luʋɔ tsri aʋatso, eye medaa alakpa kaa atam ƒua edzi o lae.