Psalms 26:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, tso afia nam elabe mewɔ nuteƒe le nye nuwɔnawo me, eye meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu maʋamaʋãe.