Psalms 32:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menya be mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, nyemeɣla nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la o. Megblɔ be: “Maʋu nye dzidadawo me na Aƒetɔ.” Tete nètsɔ nuvɔ̃ si mewɔ la ƒe fɔɖiɖi la kem.