Psalms 37:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zi ɖoɖoe kpoo le Aƒetɔ ŋkume, gbɔ dzi ɖi nàkpɔ esi nu; mègabi dzi le ame si ƒe mɔwo dzea edzi nɛ la ta, ɖe ame si nɔa ɖoɖo wɔm ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu la ŋu o.