Psalms 47:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi, Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu abe Abraham ƒe Mawu ƒe dukɔ ene. Elabe anyigba dzi kpoxɔnuwo nye Mawu tɔ; wodoe ɖe dzi bobobo.