Psalms 49:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abe alẽwo ene la, woɖo wo ɖi na tsiẽƒe yiyi, ku anye woƒe kplɔla; woaɖi abu tẽe ayi yɔdo me, woƒe nɔnɔme anyunyɔ; tsiẽƒe anye woƒe aƒe.