Psalms 50:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Miƒo nye nuteƒewɔlawo nu ƒu nam, ame siwo sa vɔ tsɔ bla nu kplim.”