Psalms 55:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke wò, Mawu, àtsɔ wo aƒu gbe ɖe ʋe goglotɔ me. Ʋukɔɖilawo kple ayemenuwɔlawo manɔ woƒe agbe ƒe afã hã o. Ke nye la maɖo dzi ɖe ŋuwò!