Psalms 62:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zi nenie mi katã mialũ ɖe ame ɖeka dzi, be yewoaƒui anyi abe gli treazã kple gli gbagbã ene?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖeko woɖoe be yewoatutui ƒu anyi tso eƒe ɖoƒe kɔkɔ la. Wokpɔa dzidzɔ le aʋatsokaka ŋu. Wokea nu yraa ame, ke woƒoa fi dea ame le dzime.