Psalms 87:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meyɔ Raxab kple Babel be, wonye amesiwo nyam; kpɔ ɖa, Filistitɔwo, Tiro kple Kus la, afima wodzi wo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Raxab kple Babilonia le dukɔ siwo nyam la dome. Kpɔ ɖa, Filistitɔwo, Tirotɔwo kple Etiopiatɔwo ya la, amewo gblɔna be: “Ame sia la, wodzii ɖe afi ma.”