Revelation 10:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi dziɖegbe adrẽawo ɖe gbe la, medi be maŋlɔ nu ɖi; ke mese gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Tre nu si dziɖegbe adrẽawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe ɖi o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu eye mègaŋlɔe da ɖi o.”