Revelation 10:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si wòɖe gbeƒã na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne mawudɔla adrẽlia ku eƒe kpẽ la, ekema Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla siwo nye eƒe gbeƒãɖelawo la lava va eme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si ko wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”