Revelation 11:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzi ku trɔ̃subɔlawo, ke ɣeyiɣi la de, be nàɖe wò dɔmedzoe afia, eye wòɖo edzi, be woadrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo. Eɖo edzi hã be nàxe fe na wò dɔlawo, gbeƒãɖelawo, ame siwo ŋu wokɔ kple ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, amegãwo kple ame bubuwo katã. Ɣeyiɣi la de, be woatsrɔ̃ ame siwo gblẽ anyigbaa la!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dukɔwo le nyanyram eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti, ame gblɔewo kple ame gãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”