Revelation 13:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ame aɖe ayi aboyo me la, aboyo mee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui.” Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ehiã be woaɖe aboyo ame aɖe la, woaɖe aboyoe. Ne ehiã be woawu ame aɖe kple yi la, woawui kple yi. Wogblɔ esia bene ame siwo ŋu wokɔ la nado dzi eye woaxɔ se.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ame aɖe ayi aboyome la, aboyomee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui. Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.