Revelation 13:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Exɔ ŋusẽ triakɔ si le esi la tso lã gbãtɔ la gbɔ, eye wòwɔ eŋudɔ le eŋkume. Ezi anyigba kple edzinɔlawo katã dzi be woasubɔ lã gbãtɔ, si ŋu wode kubi kpɔ la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku.