Revelation 13:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wona ŋusẽe be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me, ale be legba la nate ŋu aƒo nu, eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wona ŋusẽ lã evelia be wòana gbɔgbɔ lã gbãtɔ la ƒe nɔnɔmekpakpa si wowɔ la, ale be nɔnɔmekpakpa la nate ŋu aƒo nu, eye wòawu ame siwo katã masubɔe o la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wona ŋusẽe be woade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me ale be legba la nate ŋu aƒo nu eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o.