Revelation 13:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra naneke o, negbe dzesi la ɖe wòle eŋu hafi. Dzesi siae nye lãa ƒe ŋkɔ alo xexlẽmedzesi si le ŋkɔa teƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o negbe ɖe ko wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ, alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ.