Revelation 13:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunya hiã le nya sia ŋu bubu me. Ame si sea nu gɔme la, nebu lã la ƒe xexlẽmedzesi la kpɔ, elabe enye dzesi si sɔ kple ame ŋkɔ. Xexlẽmedzesi lae nye alafa ade bla ade vɔ ade.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu akɔnta le xexlẽme dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ ŋuti, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.