Revelation 13:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lã si mekpɔ la le abe lãkle ene. Eƒe afɔwo le abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔdriba la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ, eƒe fiazikpui kple dziɖuŋusẽ gã la na lã sia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene eye eƒe nu le abe dzata tɔwo ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.