Revelation 13:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Amewo subɔ ʋɔ driba la, elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo subɔ ʋɔdriba la, elabe etsɔ ŋusẽ si le esi na lã sia. Wosubɔ lã la gblɔ be: “Ame kae le abe lã sia ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Amewo subɔ ʋɔ drĩba la elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”