Revelation 13:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖe mɔ nɛ hã be wòawɔ aʋa kple ame siwo ŋu wokɔ, eye wòaɖu wo dzi. Wogana ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple amegbetɔƒomea katã dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo eye woaɖu wo dzi. Nenema kee wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.