Revelation 14:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo tso vɔsamlekpui la me, eye wògblɔ na ame si lé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la, eye nàxa wainkpo siwo le anyigba ƒe wainkawo ŋu, elabena eƒe waintsetseawo ɖi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete mawudɔla bubu, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la do tso vɔsamlekpui la me. Edo ɣli sesĩe gblɔ na mawudɔla si lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la be: “Waintsetseawo ɖi! Do wò hɛ gobɛ la ɖa ne nàtso wainkpowo le anyigba la ƒe wainbɔ la me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo go tso vɔsamlekpui la me eye wògblɔ na ame si lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe esi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la eye nãxa wainkpowo le anyigba ƒe wainkawo ŋu elabena eƒe waintsetseawo ɖi.”