Revelation 15:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me bia hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre de atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la ene. Ame siwo ɖu lã la, eƒe nɔnɔmekpakpa kple xexlẽmedzesi si nye eƒe ŋkɔ dzi la, le tsitre ɖe ahuhɔ̃eƒu la nu, eye Mawu ƒe kasaŋkuwo le wo si.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la mekpɔ nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu si wotɔtɔ kple dzo la ene eye ame siwo ɖu lã wɔadã la, eƒe legba kple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒua to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,