Revelation 15:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodzi Mawu ƒe dɔla, Mose kple Alẽvi la ƒe ha be: “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo lolo eye wowɔ nuku loo! Wò dukɔwo ƒe Fia, Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye wodzi, Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo eye wowɔ nuku. Blemafia, Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe.