Revelation 15:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe. Dukɔwo katã ava, eye woasubɔ wò, elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O Aƒetɔ, ame ka gɔ̃e mavɔ̃ wò o? Ame kae made bubu wò ŋkɔ ŋuti o? Elabe wò koe le kɔkɔe, dukɔwo katã ava subɔ wò, elabe woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe go fia.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, Eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe Dukɔwo katã ava Eye woasubɔ wò Elabena woɖe wò nudzɔdzɔewɔwɔwo fia.”