Revelation 15:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la do tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo, eye wotsɔ sikalidziblaka tso gae ɖe akɔta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla adrẽ, siwo si me fuwɔame adrẽawo le la do tso mawuxɔ la me. Wodo aklala bíɖibiɖi wu dzadzɛ si le dzo dam la, eye wotsɔ sikanudziblanu bla akɔtae.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo eye wotsɔ sikalidziblanu tso gae ɖe akɔta.