Revelation 15:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete nugbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adrẽ, siwo yɔ taŋ kple Mawu, ame si li tso mavɔ me yi mavɔ me la ƒe dɔmedzoe la, na mawudɔla adrẽawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete Nu Gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helihelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,