Revelation 15:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzudzɔ si do tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ me la, yɔ mawuxɔ la taŋ. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe mawuxɔ la me o, va se ɖe esime fuwɔame adrẽ siwo mawudɔla adrẽawo he vɛ la nu va yi keŋ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ. Ame aɖeke mete ŋu age ɖe gbedoxɔa me o va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.