Revelation 16:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzikedzowo kple gbeɖidiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu gãa ɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la, va dzɔ, ale anyigbaʋuʋu gã ŋutɔ sia tɔgbe va dzɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kasia dzi de asi dzokeke me, gbeɖiɖi sesẽwo ɖi, dzi ɖe gbe kple ŋusẽ, eye anyigba de asi ʋuʋu me ŋɔdzitɔe. Tso esime amegbetɔ dzɔ va se ɖe ɣe ma ɣi la, anyigba meʋuʋu nenema kpɔ o. Emae nye anyigbaʋuʋu dziŋɔtɔ wu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣesiɣi wowɔ amegbetɔ ɖe anyigbadzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ.