Revelation 16:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋuta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsikpe gã aɖe va dza; kpeawo ƒe kpekpeme anɔ abe kilo bla atɔ̃ sɔŋ ene. Tsikpe sia ƒo amewo vevie eye wogblɔ busunya ɖe Mawu ŋu le fuwɔame la ta. Fuwɔame sia dziŋɔ ŋutɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge va dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.