Revelation 17:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lã si nèkpɔ la nɔ agbe kpɔ, ke fifia la, eku. Ado go tso aʋlime ava eye woatsrɔ̃e. Ame siwo le agbe le anyigba dzi, siwo ƒe ŋkɔ mele agbenɔlawo ƒe agbalẽ me hafi woɖo xexea me gɔme anyi o la, ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabe enye ame si nɔ anyi kpɔ, eye megali o, ke egale vava ge.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Lã si nèkpɔ la, nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado go tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la elabena enɔ anyi tsã ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.