Revelation 18:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye woado ɣli be, “ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
agblɔ be: “Ao! Ao! Du xɔŋkɔ; du si woɖo atsyɔ̃ na kple aklala bíɖibiɖi wu, avɔ dzĩ bíɖibiɖi wu kple awu dzĩ; du si wodo sika kple kpe xɔasiwo kpakple adzagba na lae nye esi!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye woado ɣli be, ‘Babaa! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kpakple avɔ blɔtɔ ƒe awulegbe eye nède sikakɔwla si le dzo dam, kpexɔasidzonuwo kple dzonu ƒuƒuiwo, babaa na wò!