Revelation 18:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “ ‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wolɔ kewɔ kɔ ɖe tame, fa avi hefa konyi gblɔ be: “Baba! Baba ko woado na du xɔŋkɔ sia! Afi siae tɔdziʋutɔwo kpɔ nu tso eƒe kesinɔnuwo me le ɖe! Ezu aƒedo le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi eye woado konyifaɣli be, ‘Babaa! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la, kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Babaa na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.