Revelation 18:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoeha si eƒe ahasiwɔwɔ he vɛ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye xexemesitsalawo zu kesinɔtɔwo to eƒe hadzedze vivivo me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”