Revelation 18:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina wòakpe fu, eye wòafa konyi ale si dze; ɖe eƒe atsyɔ̃ɖoɖo kple agbeɖuɖu vivivo la nu. Elabe egblɔna na eɖokui ɖaa be: ‘Fianyɔnue menye le afii. Nyemenye ahosi o, Nyemaxa nu akpɔ o!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Egblɔ le eƒe dzime dadatɔe be, ‘menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.