Revelation 2:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Efeso-hamea ƒe mawudɔla be: “Ame si lé ɣletivi adrẽawo ɖe ɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adrẽawo dome la ƒe nyae nye esi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋlɔ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe ɖusi eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.