Revelation 2:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mègavɔ̃ fu si kpe ge nàla kpuie la o. Kpɔ ɖa, Abosam le mia dome ame aɖewo de ge gaxɔ me, bene yeado mi akpɔ, eye miakpe fu ŋkeke ewo. Wɔ nuteƒe yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbe wò abe nye dziɖuɖufiakuku ene.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Megavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dze dziwo la o. Satana ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi akpɔ. Woati mia yome ‘ŋkeke ewo,’ si gɔmee nye ɣeyiɣi kpui aɖe. “‘Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã eye mana agbefiakuku wò.