Revelation 2:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Menya afi si nèle; eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo la. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Menya nɔwòƒe. Ele afi si Satana ƒe fiazikpui le. Èlé nye ŋkɔ ɖe asi sesĩe. Esime wowu Antipa, nye ɖaseɖila nyateƒetɔ la le mia dome, afi si Satana tso aƒe ɖo gɔ̃ hã la, mègbe nu le gbɔnye o; ègaxɔ dzinye se kokoko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menya afi si nèle, eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le nye xɔse si le mewo la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla, ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame si wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.