Revelation 2:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋuwò. Ame aɖewo le gbɔwò siwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi. Evɔ la, Bileam siae ɖoe na Balak be wòatsɔ nuɖianu axe mɔ na Israelviwo, ale be woɖu nu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo, eye wowɔ ahasi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Ke hã la nya ʋe aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu me kple ahasiwɔwɔ me.