Revelation 2:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo be: ‘Ame si ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee. Hekpe ɖe esia ŋu la, matsɔ kpe ɣi si dzi woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖo la hã anae. Ame aɖeke menya ŋkɔ sia o, negbe ame si xɔe la ko.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“‘Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye matsɔ kpe ɣi si dzi woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖo la akpe ɖe eŋuti nɛ. Ame aɖeke menya ŋkɔ si le kpe ɣI la dzi o, negbe ame si xɔe la ko.